John 15

Yesue nye wainti vavã la

1“Nyee nye Wainti vavã la eye Fofonyee nye Agbletɔ la. 2Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũ wu. 3Miawo la Fofo la kɔ mia ŋu xoxo le nya siwo megblɔ na mi la ta. 4Minɔ menye eye nye hã manɔ mia me. Wain ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o. Eya ta miawo hã, nyemanɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o.

5“Nyee nye Wainti la eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe elabena nyemanɔmee la miate ŋu awɔ naneke o. 6Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe. 7Ke ne mienɔ menye eye miewɔ nye gbe dzi la, nu sia nu si miabia la woawɔe na mi. 8Nye nusrɔ̃la vavãwo tsea ku geɖe eye esia hea ŋutikɔkɔe geɖe vanɛ na Fofonye.

9“Melɔ̃ mi abe ale si Fofo la lɔ̃m ene. Eya ta minɔ nye lɔlɔ̃ sia me ɖaa. 10Ne miewɔa nye se siwo mede na mi dzi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ me abe ale si meɖo to Fofonye ƒe sededewo eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene. 11Mele nya siawo gblɔm na mi bena dzidzɔ si le menye la nanɔ miawo hã mia me eye wòanɔ mia me agbã go. 12Mele se dem na mi be, mialɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mii ene. 13Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si ame ate ŋu aɖe afia nɔviae nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe eta. 14Ne miewɔ ɖe nye gbe dzi la, ekema mienye xɔ̃nyewo. 15Azɔ la, nyemagayɔ mi be subɔviwo o, elabena aƒetɔ mate ŋu agblɔ eƒe nya ɣaɣlawo na subɔvi o. Ke mayɔ mi azɔ be xɔ̃nyewo. Esia le eme vavã elabena megblɔ nya sia nya si Fofo la gbɔ nam la na mi.

16“Menye miawoe tiam o. Nyee tia mi. Eye ɖe metia mi be miayi aɖatse ku nyui siwo anɔ anyi ɖaa. Le esia ta nu sia nu si miabia Fofo la le nye ŋkɔ dzi la awɔe na mi. 17Mele se dem na mi be mialɔ̃ mia nɔewo.

Xexeame lé fu nusrɔ̃lawo

18“Ne xexe sia me tɔwo lé fu mi la minyae be wolé fum gbã. 19Nenye xexe sia me tɔwo mienye la, anye ne woalɔ̃ mi, ke esi metia mi tso xexeame ta la wolé fu mi. 20Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be, ‘Subɔvi mewua eƒe Aƒetɔ o.’ Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la woaɖo to miawo hã. 21Xexe sia me tɔwo ati mia yome elabena mienye tɔnyewo. Woawɔ esia elabena womenya Mawu si dɔm ɖa la o.

22“Nenye ɖe nyemeva gblɔ mawunya la na wo o la, womabu fɔ wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta o, gake esi wose mawunya la ta la, taflatsedodo aɖeke meli na wo o. 23Ame sia ame si lé fum la, lé fu Fofonye hã. 24Ɖe nyemewɔ nunuku gã geɖe si ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, anye ne womabu fɔ wo o. Gake wokpɔ nukunu geɖe siwo mewɔ, eye wometsɔ ɖeke le eme o, ke boŋ wogbe nu le nye kple Fofonye gbɔ. 25Esia wu nya si nyagblɔɖilawo gblɔ tso Mesia la ŋu be, ‘Wogbe nu le gbɔnye dzodzro.’

26“Ne Nyaxɔɖeakɔla la, ame si madɔ ɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ si tso Fofo la gbɔ, va la, aɖi ɖase tso ŋutinye. 27Gake ele be miawo hã miaɖi ɖase le ŋutinye, elabena mienɔ anyi kplim tso gɔmedzedzea me ke.

Copyright information for EweBEE